Exodus 36:22 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Woɖe do ɖe atiawo ƒe nugbɔwo ale be woate ŋu atɔ ati eve ɖe wo nɔewo nu nyuie.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòyrɔ ʋuƒo ɖeka gɔme wòdze eve, bena woate ŋu ali ɖe anyi. Alea wòyrɔ nɔƒe la ƒe ʋuƒowo katã gɔmee.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ekpa ati ɖeka gɔme wòdze eve ale be wòate ŋu alí anyi. Ekpa nɔƒe la ƒe ʋɔtrutiawo katã gɔme alea.