Exodus 36:3 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mose tsɔ nu siwo Israelviwo dzɔ la na wo bena woatsɔ awɔ kɔkɔeƒe la ŋu dɔwoe. Nudzɔdzɔ bubuwo gavana ŋdi sia ŋdi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòxɔ nudzɔdzɔ, siwo katã Israel-viwo na, bena woatsɔ awɔ kɔkɔeƒe la ŋu dɔwoe la, le Mose si. Ke woganɔa nunanawo tsɔm vɛ nɛ le wo ɖokui si ŋdi sia ŋdi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woxɔ lɔlɔ̃nu nunana siwo katã Israelviwo tsɔ vɛ be woatsɔ awɔ kɔkɔeƒe la ƒe dɔ la, le Mose si. Amewo ganɔ lɔlɔ̃nu faa nunanawo tsɔm vɛ nɛ kokoko ŋdi sia ŋdi.