Exodus 36:38 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Woƒo gatagbadzɛ atɔ̃ ɖe sɔti atɔ̃ ŋu. Wofa sika ɖe sɔtiawo kple woƒe helétiawo ŋu. Wotsɔ akɔbli wɔ zɔ na sɔtiawo, eye wotsɔ xɔmetsovɔ la de sɔtiawo ƒe gatagbadzɛawo ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ewɔ sɔti atɔ̃ kple wo ŋu gatagbadzɛawo ɖe eŋu, eye wòfa sika ɖe wo tame kple woƒe heletiwo ŋu, eye wòtsɔ akɔbli wɔ afɔ atɔ̃ ɖe wo gɔme.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ewɔ sɔti atɔ̃ kple wo ŋu ga gɔdɔ̃eawo ɖe eŋu, eye wofa sika ɖe wo tame kple woƒe helétiwo ŋu, ke etsɔ akɔbli wɔ afɔ atɔ̃ ɖe wo gɔme.