Exodus 37:25 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wotsɔ akasiati kpa dzudzɔdovɔsamlekpui lae. Eƒe tame ƒe kekeme kple didime siaa sɔ, anɔ sentimita blaene-vɔ-atɔ̃. Ekɔ sentimita blaasiekɛ. Dzo ɖekaɖeka nɔ dzogoe etɔ̃ dzi; wowɔ wo ɖe dzudzɔdovɔsamlekpui la ŋu, wònye nu ɖeka.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòtsɔ xe kpa dzudzɔdovɔsamlekpui, eɖiɖi abɔklugui ɖeka, eye wokeke abɔklugui ɖeka, dzogoe ene me wòle, eye wòkɔ abɔklugui eve, eƒe dzowo wɔ ɖeka ɖe eŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Etsɔ xe kpa lifivɔsamlekpui hã. Vɔsamlekpuia ƒe didime nye sentimeta bla ene vɔ atɔ̃ eye eƒe kekeme hã nye sentimeta bla ene vɔ atɔ̃; wosɔ le go enea me, ke eƒe kɔkɔme ya nye sentimeta bla asieke. Dzogoe ene me wòle. Ekpa vɔsamlekpui la kple dzogoeawo katã ɖekae.