Exodus 38:12 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Agbadɔ la keke mita blaeve-vɔ-ene le ɣetoɖoƒe gome. Wotsi avɔ la ɖe kpɔti ewo siwo te zɔ ɖekaɖeka le kple klosalogatagbadzɛawo kple klosalohelétiawo ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Avɔ, si le kpɔ la ƒe ɣetoɖoƒe gome la, didi abɔklugui blaatɔ̃, eye wòkpa kpɔti ewo, siwo gɔme afɔ ewo le la, ɖe enu, eye wotsɔ klosalo wɔ kpɔtiawo ŋu gatagbadzɛwo kple heletiawoe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le ɣetoɖoƒekpa dzi la, avɔ la didi meta bla eve vɔ eve, kpɔti ewo siwo gɔme afɔ ewo le la le eŋu eye wotsɔ klosalo wɔ kpɔtiawo ŋu ga gɔdɔ̃eawo kple helétiawoe.