Exodus 38:17 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Akɔblizɔ nɔ kpɔti ɖe sia ɖe te. Wotsɔ klosalo wɔ gatagbadzɛawo kple helétiawo katã. Wofa klosalo ɖe kpɔtiawo tame. Wotsɔ klosalo wɔ heléti siwo ŋu wotsi avɔ la ɖo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Kpɔtiawo ƒe afɔwo nye akɔbli, eye wo ŋu gatagbadzɛwo kple heletiwo nye klosalo, eye wofa klosalo ɖe kpɔtiawo tame. Kpɔtiawo ŋu heletiwo katã nye klosalo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Kpɔtiawo ƒe afɔwo nye akɔbli; ke wotsɔ klosalo wɔ wo ŋu ga gɔdɔ̃eawo kple helétiawoe. Wofa klosalo ɖe kpɔtiawo tame hã.