Exodus 38:23 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Bezalel ƒe kpeɖeŋutɔe nye Oholiab, ame si nye Ahisamak, tso Dan ƒe to la me la ƒe viŋutsu. Eya hã nye aɖaŋutɔ gã aɖe, eye wòde ŋgɔ le nukpakpa kple avɔlɔlɔ̃ me hekpe ɖe nulɔlɔ̃ ɖe avɔwo me kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖeti ɣi dada ƒe ka ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Oholiab, Axisamak viŋutsu tso Dan-to la me kpe ɖe eŋu, amesi nye aɖaŋunuwo kpala, eye wotsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzẽ kple ɖeti ɣi lɔ aɖaŋuvɔ ƒomevi vovovowo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eƒe kpeɖeŋutɔe nye Oholiab, Axisamak viŋutsu tso Dan-to la me. Enye aɖaŋunuwo kpala, eye wòtsɔa aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzẽ kple ɖeti ɣi lɔ̃a aɖaŋuvɔ ƒomevi vovovowoe.