Exodus 38:27 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Wotsɔ klosalo kilogram akpe etɔ̃ alafa ene (3,400) wɔ zɔwo na kɔkɔeƒe la ƒe sɔti kple kpɔti siwo ŋu wotsi xɔmetsovɔ la ɖo. Wotsɔ klosalo kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene wɔ zɔ ɖeka.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Wotsɔ klosalo talento alafa ɖeka kɔ kɔkɔeƒe la ƒe afɔwo kple xɔmetsovɔ la ƒe afɔwo; talento alafa ɖeka de afɔ alafa ɖeka nu; talento ɖeka de afɔ ɖeka nu
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wotsɔ klosalo kilo akpe etɔ̃ alafa ene kɔ̀ kɔkɔeƒe la ƒe afɔwo kple xɔmetsovɔ la ƒe afɔwo; kilo bla etɔ̃ vɔ ene de afɔ ɖeka nu.