Exodus 38:28 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wotsɔ klosalo si susɔ la fa ɖe kpɔtiawo tame, eye wotsɔ mamlɛa tu helétiawo kple gatagbadzɛawo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wotsɔ sekel akpe ɖeka alafa adre blaadre vɔ atɔ la tu kpɔtiawo ŋu gatagbadzɛwo kple heletiwo, eya ke wòfa ɖe wo tame.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Etsɔ kilo bla etɔ̃ tu kpɔtiawo ŋu ga gɔdɔ̃eawo kple helétiawo; eya ke wofa ɖe wo tame.