Exodus 38:30 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
eye wotsɔe tu zɔ na kpɔti siwo le agbadɔ la ƒe mɔnu. Wotsɔ eya ke wɔ vɔsamlekpui la, lãyiga la kple nu siwo ŋu dɔ woawɔ le vɔsamlekpui la dzi,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woawo wotsɔ wɔ Mawu ƒe agbadɔ la ŋu ʋɔtrutiwo ƒe afɔwo kple akɔblivɔsamlekpui la, eŋu dzralawo kpakple vɔsamlekpui la ŋu nuwo katã;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woawo wòtsɔ wɔ godoƒegbadɔ la ŋu ʋɔtrutiwo ƒe afɔwo kple akɔblivɔsamlekpui la, eŋu dzralawo kpakple vɔsamlekpui la ŋu gbawo kple kpluwo,