Exodus 39:1 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le esiawo megbe la, ameawo tsɔ avɔ siwo wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe ka la tɔ awu nyuiwo na nunɔlawo be woado hena woƒe subɔsubɔdɔwo wɔwɔ le Kɔkɔeƒe la. Wotsɔ avɔ sia ke tɔ Aron ƒe awu kɔkɔewo abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wotsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka kple ka dzẽ lɔ atsyɔ̃ɖowuawo, bena woatsɔ awɔ subɔsubɔdɔe le kɔkɔeƒe la, eye wolã awu kɔkɔewo na Aron, abe alesi Yehowa ɖe se na Mose ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wotsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka kple ka dzẽ lɔ̃ atsyɔ̃ɖowuwo be woatsɔ awɔ subɔsubɔdɔe le kɔkɔeƒe la, eye wolɔ̃ awu kɔkɔewo na Aron, abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene.