Exodus 39:3 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Bezalel tu sika wòzu falɛe, eye wòfe eme wòzu sikaka suesuewo. Etsɔ wo na aɖaŋuvɔlɔ̃lawo be woalɔ̃ nu ɖe avɔ si wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe ka la me. Enye aɖaŋu nyui aɖe si nya kpɔ ŋutɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woƒo sika la gbabɛ, eye wodzee lelele, bena aɖaŋuvɔlɔ̃lawo nate ŋu atsɔe atɔtɔ kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzẽ kple ɖeti ɣi dada alɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woƒo sika la gbabɛ eye wodzee lɛlɛlɛ be aɖaŋuvɔlɔ̃lawo nate ŋu atsɔe atsaka kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzẽ kple ɖeti ɣi dada alɔ̃ aɖaŋutɔe.