Exodus 40:15 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
eye nàsi ami na wo abe ale si nàsii na wo fofo ene, ale be woasubɔm abe nunɔlawo ene. Ami sisi sia atsi wo ŋu tegbetegbe, tso mavɔ me yi mavɔ me: wo viwo katã kple wo viwo ƒe viwo azu nunɔlawo nam tegbetegbe.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye nasi ami na wo, abe alesi nèsii na wo fofo ene, bena woazu nunɔlawo asubɔm. Ami sisi sia nanye dzesi na wo kple woƒe dzidzimeviwo bena, nunɔladɔ la zu wo tɔ tegbee.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Si ami na wo abe ale si nèsii na wo tɔ́ ene, be woazu nunɔlawo asubɔm. Ami sisi sia anye dzesi na wo kple woƒe dzidzimeviwo be nunɔladɔ la zu wo tɔ tegbee.