Exodus 40:38 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa ƒe lilikpo la tɔna ɖe agbadɔ la dzi le ŋkeke me. Ke le zã me la, dzo klẽna le lilikpo la me, ale be Israelviwo katã nate ŋu akpɔe. Nu sia yi edzi le woƒe mɔzɔzɔwo katã me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Le woƒe mɔzɔzɔwo katã me la Mawu ƒe alilikpo la nɔ nɔƒe la dzi le ŋkeke me, ke edzena na Israel ƒe aƒe blibo la le zã me abe dzo ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe le woƒe mɔzɔzɔ katã me la, Aƒetɔ ƒe alilikpo la nɔ nɔƒe la dzi le ŋkeke me, eye le zã me la, dzo nɔa eme wòdzena Israel-dukɔ blibo la kpɔna.