Exodus 5:14 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Woƒoa Israelviwo ƒe dɔnunɔla siwo Farao ɖo wo nu, eye wobluna ɖe wo ta be, “Nu ka ta mieme anyikpe xexlẽme si wòle be miame etsɔ alo egbe abe tsã ene o?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye woƒo Israel-vi, siwo Farao ƒe dɔdzikpɔlawo tsa do dɔnunɔlawoe la, gblɔ na wo bena: Nukaŋuti mieme miaƒe anyikpe, siwo woɖo na mi la, wu nu blibo etsɔ kple egbe, abe tsã ene o mana?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne anyikpeawo mede o la, Egipte Fiagã ƒe dɔdzikpɔlawo ƒoa Israelvi siwo nye dɔnunɔlawo eye wobiaa wo be: “Nu ka ta anyikpeawo mede xexlẽme xoxoa nu egbe o?”