Exodus 5:17 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Farao ɖo eŋu be, “Kuviatɔwo mienye, eya ta miele gbɔgblɔm be, ‘Mina míayi aɖasa vɔ na Yehowa.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke eya ɖo ŋu gblɔ bena: Kuviatɔwo, kuviatɔwo míenye! Eyata miele gbɔgblɔm bena: Míayi aɖasa vo na Yehowa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke fia la ɖo eŋu na wo be: “Kuviatɔwo! Alɔgblɔdɔwɔlawo mienye, eya ta miele biabiam be: ‘Ɖe mɔ na mí ne míayi aɖasa vɔ na Aƒetɔ.’