Exodus 5:3 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mose kple Aron woƒoe ɖe Farao nu be, “Hebritɔwo ƒe Mawu la do go mí, ele be míayi aɖanɔ gbedzi ŋkeke etɔ̃, eye míasa vɔ na Yehowa, míaƒe Mawu la le afi ma. Ne míeɖo to eƒe gbe o la, dɔvɔ̃ awu mí alo míatsi futɔwo ƒe yi nu.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Wogblɔ bena: Hebritɔwo ƒe Mawu la ɖe eɖokui fia mí. Na míazɔ ŋkeke etɔ̃ ƒe azɔli ayi gbeɖzi, ne miasa vɔ na Yehowa, mía Mawu la: ne menye nenem o la, adze mia dzi kple dɔvɔ̃ alo yi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mose kple Aron gagblɔ nɛ be: “Hebritɔwo ƒe Mawu la ɖe eɖokui fia mí. Ɖe mɔ na mí ne míazɔ ŋkeke etɔ̃ ƒe mɔ ayi gbedadaƒo aɖasa vɔ na Aƒetɔ, mía Mawu la, ne menye nenema o la, adze mía dzi kple dɔ vɔ̃ loo, alo awu mí kple yi.”