Exodus 5:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke mina woagame anyikpe xexlẽme si womena tsã la; migaɖe edzi na wo o. Kuviatɔwo wonye, eya ta wole ɣli dom be, ‘Mina míayi aɖasa vɔ na míaƒe Mawu’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Gake kpe alesi nu womèna vaseɖe fifi la, mina woamèe, eye migaɖe ɖeke le edzi na wo o! Elabena kuvia wɔm wole; eyata wole ɣli dom le gbɔgblɔm bena: Míayi aɖasa vɔ na miaƒe Mawu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke kpe ale sinu womèna tsã la ke koe wòle be woamè. Migaɖe le edzi kura o. Kuvia wɔm wole ta wole ɣli dzi be: ‘Na míayi aɖasa vɔ na mía Mawu.’