Exodus 6:7 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Maxɔ mi abe nye amewo ene, manye miaƒe Mawu, mianyae be nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, ame si ɖe mi tso Egiptetɔwo ƒe asi me,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mawɔ mi mianye nye dukɔ, eye manye miaƒe Mawu, eye miadze sii be, nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, amesi kplɔ mi le dɔ sesẽ la nu tso Egipte.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mawɔ mi mianye nye ŋutɔ nye dukɔ, eye manye miaƒe Mawu. Mianyae be nyee nye Aƒetɔ, mia Mawu, si ɖe mi le Egiptetɔwo ƒe agba kpekpe la te.