Exodus 6:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
eye makplɔ mi ayi anyigba si mekɔ asi dzi ka atam be matsɔ na Abraham, Isak kple Yakob la dzi. Matsɔe na mi wòazu mia tɔ. Nyee nye Yehowa.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye makplɔ mi ayi anyigba, si ŋu meka atam ɖo be, matsɔ na Abraham, Isak kple Yakob la dzi. Nye Yehowa matsɔe na mi wòanye mia tɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Makplɔ mi ayi anyigba si meka atam be matsɔ na Abraham, Isak kple Yakob la dzi, eye matsɔe ana mi wòanye miawo ŋutɔ tɔ. Nyee nye Aƒetɔ.’ ”