Exodus 7:19 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Emegbe Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Aron be, ‘Tsɔ wò atikplɔ do ɖe Egipte tsiwo katã dzi ekema Egipte tɔsisiwo, tɔʋuwo, tawo, tsi si woku da ɖi katã atrɔ zu ʋu! Ʋu anɔ afi sia afi le Egiptenyigba dzi, anɔ tsitɔkpowo kple kpezɔwo gɔ̃ hã me.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Yehowa gblɔ na Mose bena: Gblɔ na Aron bena: Tsɔ wò atikplɔ, eye nado wò asi ɖe Egiptetɔwo ƒe tsiwo dzi, ɖe woƒe tɔsisiwo, tɔʋuwo, tawo kple tsiteƒewo katã dzi, bena woatrɔ zu ʋu, eye ʋu nanɔ Egipte-nyigba blibo la katã dzi le goewo kple zewo me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Gblɔ na Aron be: ‘Tsɔ wò atizɔti eye nàdoe ɖe Egipte-nyigba dzi tsiwo, tɔsisiwo, tɔʋuwo, táwo kple tsiteƒewo katã dzi bene woatrɔ zu ʋu, eye ʋu nanɔ Egipte-nyigba blibo la katã dzi; atigowo kple kpezewo gɔ̃ hã ʋu anɔ wo me.’ ”