Exodus 8:21 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ne ègbe la, maɖo togbatowo ƒe ha gã aɖe ɖa woava Egiptenyigba blibo la dzi, axɔ wò kple wò dumegãwo kple wò amewo ƒe aƒewo me. Ale Egiptetɔwo ƒe aƒewo me ayɔ fũu kple togbatowo, eye woayɔ anyigba la ƒe afi sia afi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Farao yɔ Mose kple Aron vɛ, eye wògblɔ na wo be: Enyo, miɖasa vɔ na mia Mawu la le anyigba sia dzi!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne ègbe la, mana togbatowo nava ɖe fu na wò ŋutɔ, ŋuwòmewo kple wò dukɔ la katã. Togbatowo age ɖe miaƒe aƒewo me, eye Egiptetɔwo ƒe aƒewo me ayɔ fũu kple togbato ale be ame makpɔ afɔɖoƒe teti hã o.