Exodus 8:3 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Akpɔkplɔwo asɔ gbɔ ɖe Nil tɔsisi la me. Woava ge ɖe wò fiasã la me, age ɖe wò xɔdɔme me, woage ɖe wò abati dzi, woage ɖe wò dumegãwo ƒe aƒewo me, eye woage ɖe abolokpowo kple amɔzewo me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke afakalawo hã tso woƒe aye me nuwɔwɔwo wòe nenema, eye wohe akpɔkplɔwo va Egipte-nyigba la dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nil-tɔsisi azu akpɔkplɔ ɖeɖe, eye woaté bìbibi ava wò fiasã me, woage ɖe wò xɔdɔme me, adzo ɖe wò abati dzi. Woabɔ ɖe wò subɔlawo kple ŋuwòmewo ƒe aƒewo me. Woage ɖe wò abolokpowo kple abolodugugbawo me.