Exodus 9:1 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa gblɔ na Mose be, “Trɔ nàyi Farao gbɔ, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la be nàɖe asi le yeƒe amewo ŋu woayi aɖasubɔ ye.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Yehowa gblɔ na Mose bena: Yi Farao gbɔ, eye nagblɔ ne bena: Ale Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, gblɔ esi: Ɖe asi le nye dukɔ la ŋu, bena wòaɖasubɔm!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Yi Egipte Fiagã la gbɔ, ne nàgblɔ nɛ be Aƒetɔ, Hebritɔwo ƒe Mawu la be: ‘Ɖe asi le nye dukɔ la ŋu, ne woaɖasubɔm.