Exodus 9:18 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
eya ta le etsɔ ɣeyiɣi sia tututu la, maɖo kpetsi vɔ̃ɖitɔ ɖa wòadza ɖe dukɔ blibo la dzi. Kpetsi sia tɔgbi medza kpɔ tso esime woɖo Egipte gɔme anyi o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ekema mana kpetsi gãwo nadza etsɔ wɔale siawo, esiwo tɔgbe medza ɖe Egipte-nyigba dzi kpɔ o vaseɖe fifi, tso esime woɖo egɔme anyi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta etsɔ ɣe alewo ɣi la, mana tsikpe sesẽ nadza vevie. Tsikpe sia tɔgbe medza kpɔ le Egipte-nyigba dzi tso esime woɖo dukɔa gɔme anyi o.