Exodus 9:25 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nu geɖewo gblẽ le Egipte. Nu sia nu si tsi gbedzi, amewo kple lãwo siaa woku; atiwo ta ŋe, eye agblemenuwo katã gblẽ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye kpetsia gblẽ nusianu, si le gbedzi, le Egipte-nyigba blibo la katã dzi hewu amewo kple lãwo siaa, eye kpetsia gblẽ agblemenuwo katã, eye wòle gbemetiwo katã.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Kpetsi la gblẽ nu le Egipte-nyigba blibo la katã dzi. Egblẽ nu sia nu le gbedzi, eye wòwu ame kple lãwo siaa. Egblẽ agblemenukuwo eye wòfe gbemetiwo katã.