Exodus 9:7 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Farao dɔ ame ɖa be woakpɔe be Israelviwo ƒe lãwo ya tsi agbe mahã. Togbɔ be woɖi ɖase nɛ be nyateƒee hã la, metrɔ eƒe tameɖoɖo la o. Egagbe asiɖeɖe le ameawo ŋu kokoko!
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Farao do amewo ɖa, eye wokpɔ bena, Israel-viwo ƒe lãwo dome ɖeka hɔ̃ hã meku o. Ke Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖe asi le dukɔ la ŋuti wòyi o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Egipte Fiagã la dɔ ame ɖa; ke wokpɔ be Israelviwo ƒe lãwo ya ɖeka gɔ̃ hã meku o. Gake Egipte Fiagã la gasẽ dzime, eye meɖe asi le dukɔ la ŋu o.