Ezekiel 1:13 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nu gbagbeawo ƒe dzedzeme nɔ abe dzoka xɔxɔ alo akakati bibi ene. Dzo la ʋãna yia megbe kple ŋgɔgbe le nu gbagbeawo dome. Dzo la klẽna, eye dzikedzo dona tso eme.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye nane le nu gbagbeawo domee le abe dzoka ene hele bibim abe akakati ene, dzo la le faflam le nu gbagbeawo domee, eye eme kɔ keŋkeŋ, eye dzikedzo do tso dzoa me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nane le nu gbagbeawo dome abe dzoka ene. Wole bibim abe akakati si wole nyenyem la ene le wo dome. Dzoa nɔ keklẽm, eye dzi nɔ dzo kem tso dzoa me.