Ezekiel 1:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi melé ŋku ɖe nu gbagbeawo ŋu la, mekpɔ tasiaɖam ƒe afɔ ɖeka le anyigba le nu gbagbe ene siwo si mo le la dometɔ ɖe sia ɖe gbɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi meɖe ŋku ɖe nu gbagbeawo la, kpɔ ɖa, tasiaɖamfɔ le nu gbagbeawo xa le anyigba le woƒe ŋgɔdze eneawo katã.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ esi melé ŋku ɖe nu gbagbeawo ŋu la, mekpɔ tasiaɖamfɔ nɔ anyigba le nu gbagbe eneawo dometɔ ɖe sia ɖe gbɔ.