Ezekiel 1:16 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Tasiaɖam ƒe afɔawo ƒe dzedzeme kple ale si wowɔ woe la le ale: woklẽna abe adzagba ene, eye wo ame eneawo katã ɖi wo nɔewo. Ɖe sia ɖe dze abe ɖe wowɔe be wòade nu nɔvia me ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tasiaɖamfɔawo ƒe dzedzeme le abe adzagba wotsɔ wɔ wòe ene, eye wo ame eneawo katã ɖi wo nɔewo, woƒe dzedzeme kple woƒe wɔwɔme sɔ abe ɖe tasiaɖamfɔ ɖeka le nɔvia me ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ku ɖe tasiaɖamfɔawo ƒe dzedzeme kple wɔwɔme ŋu la: Wodze abe adzagba si le keklẽm la ene. Wo ame ene la ɖi wo nɔewo; wowɔ wo abe ɖe tasiaɖamfɔ ɖeka le nɔvia me ene.