Ezekiel 1:21 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ne nu gbagbeawo ɖe zɔ la, woawo hã ɖea zɔ; ne nu gbagbeawo tɔ la, woawo hã tɔna, eye ne nu gbagbeawo kɔ wo ɖokuiwo dzi tso anyigba la, tasiaɖam ƒe afɔawo hã kɔa wo ɖokuiwo dzi tso anyigba abe nu gbagbeawo ene, elabena nu gbagbeawo ƒe gbɔgbɔ nɔ tasiaɖam ƒe afɔawo me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne woɖe zɔ la, tasiaɖamfɔawo hã ɖea zɔ, ne wòtɔ la, wotɔna, eye ne wokɔ wo ɖokui tso anyigba la, woawo hã kɔa wo ɖokui dzi; elabena nu gbagbeawo ƒe gbɔgbɔ le tasiaɖamfɔawo me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne woɖe zɔ la, tasiaɖamfɔawo hã ɖea zɔ. Ne wotɔ la, wotɔna. Ne wokɔ wo ɖokui dzi tso anyigba la, woawo hã kɔa wo ɖokui dzi; elabe nu gbagbeawo ƒe gbɔgbɔ le tasiaɖamfɔawo me.