Ezekiel 1:24 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi nu gbagbeawo ɖe zɔ la, mese gbeɖiɖi aɖe tso woƒe aʋalawo me abe tɔsisiwo ƒe ɖiɖi ene, abe Ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbe ene, abe aʋakɔ aɖe ƒe ʋunyaʋunyawɔwɔ ene. Ne nu gbagbeawo tɔ ɖe teƒe ɖeka la, woɖiɖia woƒe aʋalawo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wole yiyim la, mese woƒe aʋalawo me le ɖiɖim abe tɔ gãwo ƒe hoowɔwɔ, abe ŋusẽkatãtɔ ƒe gbeɖeɖe kple aʋakɔwo ƒe ɣlidodo ene, eye ne wòtɔ la, woɖiɖia woƒe aʋalawo ɖe anyi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne wole yiyim la, mese woƒe aʋalawo me le ɖiɖim abe tɔ gãwo ƒe hoowɔwɔ, abe Ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbeɖeɖe kple aʋakɔwo ƒe ɣlidodo ene. Ne wotɔ la, woɖiɖia woƒe aʋalawo ɖe anyi.