Ezekiel 1:27 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mekpɔ be nu si dze abe eƒe ali gbɔ ene, yi eƒe dzime la, le abe ga si le keklẽm ene. Tso afi ma yi anyigba la, le abe dzo ene, eye keklẽ gã aɖe ƒo xlãe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Meɖe ŋku ɖe eƒe ali ŋu ɖo ta dziƒo gome, wòle abe sika, si me kɔ keŋkeŋ la ene, eye nane le dzedzem le eme godoo abe dzo ene; eye meɖe ŋku ɖe eƒe ali ŋu ɖo ta anyi me gome, wòle abe dzo ene, eye keklẽ ɖe to ɖee.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi melé ŋku ɖe eƒe ali ŋu yi dzi gome la, ele abe akɔbli si le keklẽm la ene, eye nane dzé ƒo xlãe abe dzo ene va kpe ɖo. Esi melé ŋku ɖe eƒe ali ŋu va anyi gome la, ele abe dzo ene nɔ keklẽm va kpe ɖo.