Ezekiel 1:28 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale si anyieʋɔ dzena le lilikpowo me ne tsi dza la, nenema keklẽ la nɔ ƒo xlãe. Esia dze abe Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ene. Esi mekpɔe la, medze anyi, tsyɔ mo anyi, eye mese ame aɖe ƒe gbe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Keklẽ, si ɖe to ɖee la, le abe alesi anyieʋɔ ɖina ɖe alilikpo ŋu le tsidzadza megbe ene. Esia nye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ƒe nɔnɔme. Eye esi mekpɔe la, metsyɔ mo anyi, eye amea ɖe le nu ƒom mese.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Keklẽ si ƒo xlãe la le abe ale si anyieʋɔ dona ɖe alilikpo ŋu le tsidzagbe ene. Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe ƒe nɔnɔmee nye esia. Esi mekpɔe la, metsyɔ mo anyi, eye mese ame si nɔ nu ƒom la ƒe gbe.