Ezekiel 1:3 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa ƒe gbe va na nunɔla Hezekiel, Buzi ƒe vi, le Kebar Tɔsisi la to, le Babilonianyigba dzi. Yehowa ƒe asi va edzi le afi ma.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yehowa ƒe gbe va na Xezekiel, nunɔla Buzi vi, le Kebar-tɔsisi la nu le Kaldea-nyigba dzi, eye Yehowa ƒe asi va edzi le afima.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ ƒo nu kple nunɔla Xezekiel, Buzi vi, le Kebar-tɔsisi la to le Kaldea-nyigba dzi. Aƒetɔ da asi ɖe edzi le afi ma.