Ezekiel 10:11 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ne wole zɔzɔm la, woyia teƒe eneawo dometɔ ɖeka, afi si kerubi la atrɔ mo ɖo. Tasiaɖamfɔtiawo metrɔna to eme hafi dzea kerubi la yome o. Kerubi la yia afi sia afi si wòtrɔ mo ɖo, eye wometrɔna le zɔzɔme o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne wole yiyim la, wozɔna ɖe woƒe axa eneawo dzi, eye wometrɔna, ne wole azɔli dzi o, elabena afisi ŋgɔgbetɔ ɖo tae la, afima wokplɔnɛ ɖo yina, eye wometrɔna, ne wole azɔli dzi o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne wole yiyim la, wozɔna ɖe woƒe axa eneawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi, eye wometrɔna o. Afi si ŋgɔgbetɔ ɖo tae la, afi mae wo katã woyina eye wometrɔna ne wole azɔli dzi o.