Ezekiel 10:14 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mo ene nɔ kerubiawo dometɔ ɖe sia ɖe si. Moawo dometɔ ɖeka nye kerubi tɔ, evelia nye ame tɔ, etɔ̃lia nye dzata tɔ eye enelia nye hɔ̃ tɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mo ene li na wo dometɔ ɖesiaɖe; mo gbãtɔ nye Kerubi ƒe mo, mo evelia nye amegbetɔ ƒe mo, etɔ̃lia nye dzata ƒe mo, eye enelia nye hɔ̃ ƒe mo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wo dometɔ ɖe sia ɖe to mo ene: Gbãtɔ nye kerubi ƒe mo, evelia nye amegbetɔ ƒe mo, etɔ̃lia nye dzata ƒe mo, eye enelia nye hɔ̃ ƒe mo.