Ezekiel 10:16 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ne kerubiawo ɖe zɔ la, tasiaɖamfɔtiawo nɔa wo xa, eye woawo hã zɔna. Ne kerubiawo keke woƒe aʋala be yewoadzo la tasiaɖamfɔtiawo meɖena ɖa le wo xa o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne Kerubiawo le yiyim la, tasiaɖamfɔawo nɔa zɔzɔm le wo xa, eye ne Kerubiawo ƒo aʋala, be wòakɔ wo ɖokui dzi tso anyigba la, tasiaɖamfɔawo metena ɖa le wo xa o;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne kerubiawo le zɔzɔm la, afɔawo hã zɔna le wo xa. Ne kerubiawo dzo yi ya me tso anyigba la, afɔawo metena ɖa le wo xa o.