Ezekiel 10:19 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi meda ŋku ɖi la, kerubiawo keke woƒe aʋalawo, dzo tso anyigba, eye esi woyina la, tasiaɖamfɔtiawo hã yi kpli wo. Wotɔ ɖe Yehowa ƒe aƒe la ƒe ɣedzeƒegbo la tame, eye Israel ƒe Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe nɔ wo tame.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Kerubiawo ƒo aʋala hekɔ wo ɖokui dzi tso anyigba le ŋkunye me; esi woho la, tasiaɖamfɔawo hã kpe ɖe wo ŋu, eye wova tɔ ɖe Yehowa ƒe aƒe ƒe agbo nu le ɣedzeƒe gome, eye Israel ƒe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la le wo ta me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Kerubiawo ƒo aʋala hedzo yi ya me tso anyigba esime menɔ wo kpɔm wonɔ dzodzom. Afɔawo nɔ wo ŋu, eye woyi ɖatɔ ɖe Aƒetɔ ƒe aƒe la ƒe ɣedzeƒegbo nu, eye Israel ƒe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la nɔ wo tame.