Ezekiel 10:20 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esiawoe nye nu gbagbe siwo mekpɔ le Israel ƒe Mawu la te le Kebar tɔsisi la to eye medze sii be, kerubiwo wonye.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woawo nye nu gbagbe, siwo mekpɔ le Israel ƒe Mawu la gɔme le Kebar-tɔsisi la nu; azɔ medze sii be, Kerubiwo wonye.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esiawoe nye nu gbagbe siwo mekpɔ le Israel ƒe Mawu la te le Kebar-tɔsisi to, eye menya be kerubiwo wonye.