Ezekiel 10:7 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Tete kerubiawo dometɔ ɖeka do eƒe asi ɖa te ɖe dzo si le wo dome la ŋu. Eɖe dzo la ƒe ɖe ɖe asi na ame si do aklala biɖibiɖi ƒe awu la. Exɔe eye wodo go.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Kerubia ɖo asi ɖe Kerubiawo domee heɖe dzo, si le Kerubiawo dome la, de asi na ŋutsu, si ta aklala la, eye wòxɔe hedzo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Kerubi ɖeka do asi ɖa tso kerubiawo dome ɖe dzo si le kerubiawo dome la me. Eku dzoka la ƒe ɖe kɔ ɖe ŋutsu si do aklalawu la ƒe asiwo me. Exɔ dzoka la, eye wòdo go.