Ezekiel 11:1 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Tete Gbɔgbɔ la kɔm ɖe dzi, eye wòkɔm yi Yehowa ƒe aƒe ƒe agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la nu. Ŋutsu blaeve vɔ atɔ̃ wonɔ agbo la nu, eye mekpɔ Yazania, Azur ƒe vi kple Pelatia, Benaya ƒe vi, ameawo nunɔlawo le ameawo dome.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete gbɔgbɔ la kɔm yi Yehowa ƒe aƒe ƒe ɣedzeƒe-gbo, si ɖo ta ɣedzeƒe gome la nu; kpɔ ɖa, ŋutsu blave vɔ atɔ̃ le agbo la nu, eye mekpɔ Yaazanya, Azur vi, kple Pelatya, Benaya vi, amesiwo nye dukɔ la ƒe amegãwo le wo dome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gbɔgbɔ la kɔm ɖe ya me, eye wòtsɔm va Aƒetɔ ƒe aƒe la ƒe ɣedzeƒegbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la nu. Kpɔ ɖa, ŋutsu bla eve vɔ atɔ̃ nɔ agbo la nu. Mekpɔ Yaazanya, Asur vi kple Pelatya, Benaya vi, dukɔ la ƒe amegãwo nɔ wo dome.