Ezekiel 11:12 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
eye mianya be nyee nye Yehowa, elabena miezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu alo wɔ nye sewo dzi o, ke boŋ miewɔa nu siwo dukɔ siwo ƒo xlã mi la wɔna.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ne miadze sii be, nyee nye Yehowa; elabena miezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o, eye miewɔ nu ɖe nye sewo nu o, ke boŋ miewɔ nu ɖe dukɔ, siwo ƒo xlã mi godoo la ƒe sewo nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mianyae be nyee nye Aƒetɔ elabe miezɔ nye ɖoɖowo dzi, alo wɔ nye sewo dzi o. Ke dukɔ siwo ƒo xlã mi godoo la ƒe sewo dzie miewɔ.”