Ezekiel 11:17 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Eya ta gblɔ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Maƒo mia nu ƒu tso dukɔawo dome, makplɔ mi agbɔe tso anyigba siwo dzi wokaka mi ɖo, eye magatsɔ Israel ƒe anyigba ana mi.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata gblɔ be: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Maƒo mia nu ƒu tso dukɔwo dome, eye maƒo mia nu ƒu tso anyigba, siwo dzi miekaka ɖo la dzi ahatsɔ Israel-nyigba na mi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta gblɔ be: ‘Aƒetɔ Mawu be: Maƒo mia nu ƒu tso dukɔwo dome afi si woka mi hlẽ ɖo, eye matsɔ Israel-nyigba la na mi.’