Ezekiel 11:20 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ekema woalé nye ɖoɖowo me ɖe asi, eye woakpɔ egbɔ be, yewowɔ nye seawo dzi. Woanye nye amewo, eye manye woƒe Mawu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ne woazɔ ɖe nye ɖoɖowo nu, eye woalé nye sewo me ɖe asi ahawɔ wo dzi, woanye dukɔ nam, eye manye Mawu na wo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
ne woazɔ ɖe nye ɖoɖowo nu, eye woaɖo to awɔ nye seawo dzi. Woanye nye dukɔ, eye manye Mawu na wo.