Ezekiel 11:5 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Tete Yehowa ƒe Gbɔgbɔ va dzinye, eye wògblɔ nam be magblɔ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: nya ma gblɔm miele, O! Israel ƒe aƒe, ke menya nu siwo le miaƒe susu me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Yehowa ƒe gbɔgbɔ va dzinye, eye wògblɔ nam bena: Gblɔ be: Ale Yehowa gblɔ esi: Israel ƒe aƒe, ale mieƒo nu enye si, eye nusi do tso dzi me na mi la, menyae.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ va dzinye, eye wògblɔ nam be: “Gblɔ be, Aƒetɔ be: Ao, Israel-dukɔ nu sia susum miele, elabe menya nu siwo vaa susu me na mi.