Ezekiel 12:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Ame vi, èle dukɔ dzeaglã aɖe me. Ŋku li na ameawo be woakpɔ nu, gake womekpɔa nu o, to li na wo be woase nu, gake womesea nu o, elabena wonye aglãdzelawo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amevi, ƒome sẽto me nele, amesiwo ŋku li na, ne woatsɔ akpɔ nui, ke womekpɔa nu o, eye to li na wo, ne woatsɔ ase nui, ke womesea nu o, elabena ƒome sẽto wonye.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Amegbetɔ vi, ƒome dzeaglã dome nèle, ame siwo si ŋku le be woakpɔ nu, ke womekpɔa nu o, ame siwo si to le be woase nu, ke womesea nu o.