Ezekiel 12:3 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Eya ta ame vi, ƒo ƒu wò nuwo hena aboyomeyiyi. Le ŋkeke me, esi ameawo le kpɔwòm la, dze mɔ tso afi si nèle, nàyi teƒe bubu. Ɖewohĩ woase egɔme togbɔ be wonye aglãdzelawo hã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Wò amevi, do mɔzɔgba, eye nadze mɔ le ŋkeke me le wo ŋku me, dze mɔ tso nɔwòƒe yi teƒe bubu le wo ŋku me, ɖewohĩ woakpɔe bena, ƒome sẽto yewonye.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe ƒome dzeaglã wonye. Eya ta amegbetɔ vi, do aboyomeyigba, eye nàdze mɔ le ŋkeke me ɖo ta aboyo me ne woakpɔ. Dzo le nɔwòƒe nàyi afi bubu abe aboyomeyila ene le wo ŋkume. Ɖewohĩ woase nu gɔme, togbɔ be ƒome dzeaglã wonye hã.