Ezekiel 12:4 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le ŋkeke me la, esime wole kpɔwòm la, ɖe wò nu siwo nètsɔ do agbae na aboyomeyiyi la ɖe go. Ekema le fiẽ me la, esi wole kpɔwòm la, dze mɔ abe ame siwo yina aboyo me ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tsɔ wò agba la do goe le ŋkeke me abe mɔzɔgba ene, ne woakpɔ, eye nadze mɔ le wo ŋku me le fiẽ, abe alesi aboyomewo dzea mɔe ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
He agba si nèdo la do goe le ŋkeke me ne woakpɔ, abe aboyomeyigba ene. Wò ŋutɔ dze mɔ le fiẽ me le wo ŋkume abe ame si dzi wozi, kplɔ yina aboyo me la ene.