Ezekiel 13:14 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mamu gli si miesi akalo na, magbãe wòasɔ kple anyigba, ale be eƒe gɔmeɖoɖo natsi gota. Ne emu la, atsrɔ̃ mi, ekema mianyae be, nyee nye Yehowa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mamũ gli, si miesi akalo na la, eye matutui aƒu anyi, ale be eƒe agunu natsi go; amũ, eye miawo miaku ɖe ete, ne miadze sii be, nyee nye Yehowa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mamu gli si miesi akalo na la, atutui aƒu anyi, eye eƒe gɔmeɖokpe natsi go. Ne emu la, miatsi eme, eye miadze sii be, nyee nye Aƒetɔ.